Luke 18

Lododo le ahosi kple ʋɔnudrɔ̃la la ŋu

1Gbe ɖeka la Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be wòatsɔ fia wo be ehĩa be woanɔ gbedodoɖa dzi atraɖii va se ɖe esime woxɔ ŋuɖoɖo na woƒe biabiawo.

2Egblɔ na wo be, “Ʋɔnudrɔ̃la aɖe nɔ du gã aɖe me. Ame sia mevɔ̃a Mawu o, eye mebua ame aɖeke hã ɖe naneke me o. 3Ahosi aɖe si hã nɔ dua me la vaa ʋɔnudrɔ̃la sia gbɔ gbe sia gbe va nɔ kuku ɖem nɛ be wòatso afia na ye le ye kple ŋutsu aɖe si dze agɔ le ye dzi la ƒe nya me.

4“Hena ɣeyiɣi aɖe la, egbe be yemaɖo toe o. Ke mlɔeba la egblɔ na eɖokui bena, ‘Togbɔ be nyemevɔ̃a Mawu alo bua amewo ɖe naneke me o hã la, 5le ahosi sia ƒe fuɖeɖe nam atraɖii ta la, makpɔ egbɔ be wotrɔ nu si nye etɔ la nɛ ale be magana be nu nati kɔ nam mlɔeba la le eƒe fuɖeɖe nam ta o!’”

6Yesu yi edzi be, “Nenye be woɖe fu na ʋɔnudrɔ̃la vɔ̃ɖi sia va se ɖe esime wòlɔ̃ be yeawɔ nu si wobia tso esi la ɖe 7miebu be Mawu matso afia na via siwo le kuku ɖem nɛ zã kple keli la oa? 8Le nyateƒe me, àɖo woƒe biabiawo ŋu na wo enumake. Gake biabia lae nye be, Nenye be nye Mesia la, metrɔ gbɔ ɖe, ame nenie makpɔ siwo ƒe xɔse anɔ te eye woanɔ gbedodo ɖa dzi?”

Lododo le Farisitɔ kple nudzɔla la ŋu

9Azɔ Yesu do lo sia na ame aɖewo siwo dana eye womekpɔ ame bubu ɖe naneke me o la be, 10“Ame eve aɖewo yi gbedoxɔ me be woado gbe ɖa. Ɖeka nye Farisitɔ eye evelia nye nudzɔla aɖe. 11Farisitɔ la do gbe ɖa be, ‘Meda akpe na Mawu be, nyemenye nu vɔ̃ wɔla abe ame bubuwo ene o, vevitɔ abe nudzɔla si le afi mɛ ɖa ene o. Elabena nyemebaa ame o, nyemewɔa ahasi o, 12meblaa nu zi eve le kwasiɖa ɖeka me, eye metsɔa nye nukpɔkpɔwo ƒe ewolia naa Mawu.’

13“Gake nudzɔla la nɔ tsitre ɖe adzɔge afi aɖe ke eye wòde mo to heƒo eƒe akɔta kple vevesese do gbe ɖa kple ɣli be, ‘Mawu, kpɔ nublanui na nye nu vɔ̃ wɔla sia.’ 14Mele egblɔm na mi bena, nudzɔla sia trɔ yi aƒeme kple dzidzɔ elabena wotsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee! Ke wometsɔ Farisitɔ la ƒe nu vɔ̃ ke o, elabena woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi eye woado ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la ɖe dzi.”

Yesu yra ɖevi suewo

(Mateo 19:13-15; Marko 10:13-16)

15Gbe ɖeka la, dzila aɖewo kplɔ wo viwo vɛ be Yesu nada asi ɖe wo dzi ayra wo. Gake nusrɔ̃lawo nya wo ɖa be woadzo.

16Ke Yesu yɔ ɖeviawo va eɖokui gbɔe eye wògblɔ be, “Mina ɖevi suewo nava gbɔnye eye migaxe mɔ na wo o, elabena ame sia tɔgbiwo tɔe nye mawufiaɖuƒe la. 17Le nyateƒe me, mele gblɔm na mi be, ame si maxɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi sue ene o la mage ɖe eme gbeɖe o.”

Ɖekakpui kesinɔtɔ la

(Mateo 19:16-30; Marko 10:17-31)

18Gbe ɖeka la, Yudatɔwo ƒe kplɔla ɖeka biae be, “Nufiala nyui, nu kae mawɔ be mayi dziƒo?”

19Yesu biae be, “Ebu be ènya nu si gblɔm nèle esi nèyɔm be ame nyuia? Le nyateƒe me la, ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko. 20Ke le wò biabia ŋu la, magblɔ be ènya seawo xoxo be, mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègawu ame o, mègada alakpa o, bu fofowò kple dawò, kple bubuawo.” 21Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Mewɔ ɖe se siawo katã dzi tso keke nye ɖevime ke.”

22Yesu gblɔ nɛ be, “Esusɔ nu vevi ɖeka nàwɔ, yi nàdzra nu siwo katã le asiwò eye nàtsɔ ga la na ame dahewo; esia anye kesinɔnu na wò le dziƒo ekema, va nàdze yonyeme.”

23Gake esi ŋutsua se nya sia la, etrɔ dzo nublanuitɔe, elabena kesinɔtɔ gã aɖe wònye.

24Yesu nɔ eyome kpɔm esi wòyina eye wògblɔ be, “Asesẽ na kesinɔtɔ ŋutɔ be woageɖe mawufiaɖuƒe la me! 25Anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abi ƒe vo me ado, tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒea me.” 26Ame siwo le afi ma se nya si wògblɔ la gblɔ be, “Nenye be esesẽ alea ɖe, ekema ame ka koŋ ate ŋu akpɔ ɖeɖe sia?”

27Eɖo eŋu be, “Mawu ate ŋu awɔ nu si amegbetɔ mate ŋu awɔ o!” 28Petro gblɔ nɛ be, “Míawo la míegblẽ míaƒe aƒewo kple nu sia nu ɖi dze yowòme.” 29Yesu ɖo eŋu be, “Esia le me vavã eye ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe, srɔ̃a, nɔviawo, dzilawo alo viawo ɖi ɖe mawufiaɖuƒea ta la, 30akpɔ fetu geɖe fifia, eye wòakpɔ agbe mavɔ hã le xexeme si le vava ge la me.”

Yesu gblɔ eƒe ku kple tsitretsitsi ɖi zi etɔ̃lia

(Mateo 20:17-19; Marko 10:32-34)

31Eyɔ nusrɔ̃la wuieveawo va eɖokui gbɔ, gblɔ na wo be, “Abe ale si mienyae ene la, míeyina Yerusalem. Ne míeɖo afi ma la nyagblɔɖi siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi tso ŋutinye la le eme va ge. 32Woatsɔm ade asi na Trɔ̃subɔlawo be woaɖu fewu le ŋunye, ado ŋukpem nyuie, woaɖe ta ɖe ŋunye, 33aƒom eye woawum. Eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la mafɔ tso ku me.” 34Nusrɔ̃lawo mese eƒe nya siwo wògblɔ la ɖeka pɛ hã gɔme o, elabena edze abe ele nu ƒom na wo le lododo me ene.

Yesu da gbe le nubiala ŋkuagbãtɔ aɖe ŋu le Yeriko

(Mateo 20:29-34; Marko 10:46-52)

35Esi wote tu Yeriko la, wokpɔ nubiala ŋkuagbãtɔ aɖe wonɔ mɔ to nɔ nu biam le mɔzɔlawo si. 36Esi wòse ameha aɖe ŋkɔ wòva yina la, ebia ame aɖe be wòagblɔ nu si nɔ dzɔdzɔm la na ye. 37Amea gblɔ nɛ be, “Yesu Nazaretitɔ lae va yina.” 38Ale wode asi ɣlidodo me be, “Yesu David Vi la, kpɔ nye nublanui!”

39Ame siwo nɔ Yesu ŋgɔ la di be yewoaɖo asi ŋkuagbãtɔa dzi, gake ɖeko wògado ɣlia sesĩe wu be, “David Vi, kpɔ nye nublanui.” 40Esi Yesu va ɖo afi si wònɔ la, etɔ, eye wògblɔ be, “Mikplɔ ŋkuagbãtɔ ma va afii.” 41Esi wòva la, Yesu biae be, “Nu ka dim nèle tso asinye?” Ŋkuagbãtɔ la ɖe kuku nɛ gblɔ be, “Aƒetɔ medi be makpɔ nu!”

42Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo wò ŋkuwo neʋu nakpɔ nu. Wò xɔse da gbe le ŋuwò.”

43Ŋutsua de asi nukpɔkpɔ me enumake eye wòdze Yesu yome henɔ Mawu kafum. Ame siwo katã kpɔ nu si dzɔ la hã kafu Mawu.

Copyright information for EweBEE